Revelation of John 15

Mawudɔla adreawo kple dɔvɔ̃ adreawo

1Eye mekpɔ dzesi gã, wɔnuku bubu le dziƒo: mawudɔla siwo lé dɔvɔ̃ adre mamlɛawo ɖe asi, mamlɛawo elabena woawoe wu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu. 2Azɔ la mekpɔ nane si le abe ahuhɔ̃etsiaƒu si wotɔtɔ kple dzo la ene eye ame siwo ɖu lã wɔadã la, eƒe legba kple eƒe ŋkɔ ƒe xexlẽmedzesi dzi la le tsitre ɖe atsiaƒua to. Wolé kasaŋku siwo Mawu tsɔ na wo la ɖe asi, 3eye wodzi, Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe ha kple Alẽvi la ƒe ha be,

“Aƒetɔ Mawu, Ŋusẽkatãtɔ,
Wò nuwɔnawo lolo eye wowɔ nuku.
Blemafia,
Wò mɔwo le dzɔdzɔe eye wonye nyateƒe.
4O Aƒetɔ, ame kae mavɔ̃ wò,
Eye wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana wò ŋkɔ o?
Elabena wò koe le kɔkɔe
Dukɔwo katã ava
Eye woasubɔ wò
Elabena woɖe wò nudzɔdzɔewɔwɔwo fia.”
5Le esia megbe la, mekpɔ gbedoxɔ si le dziƒo, si nye ɖaseɖiɖi ƒe agbadɔ wònɔ ʋuʋu. 6Mawudɔla adre siwo lé dɔvɔ̃ adreawo ɖe asi la, do go tso gbedoxɔ la me. Wodo aklala biɖibiɖi ƒe awu dzadzɛwo eye wotsɔ sikalidziblanu tso gae ɖe akɔta. 7Tete nugbagbe eneawo dometɔ ɖeka tsɔ sikagba adre siwo yɔ fũu kple Mawu ƒe dɔmedzoe helihelĩ, Mawu si le agbe tegbetegbe la, na mawudɔla adreawo, 8eye gbedoxɔ la me yɔ fũu kple dzudzɔ si tso Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple eƒe ŋusẽ gbɔ. Ame aɖeke mete ŋu age ɖe gbedoxɔa me o va se ɖe esime mawudɔla adreawo ƒe dɔvɔ̃ adreawo nu va yi.

Copyright information for EweBEE